Matthew 27

Yesu le Pilato ŋukume

(Marko 15:1; Luka 23:1-2; Yohanes 18:28-32)

1Esi ŋu ke la, Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegã bubuwo kpe ta be woade ŋugblẽ le ale si woawɔ able Romatɔwo ƒe dziɖuɖua nu ne wòatso kufia na Yesu la ŋuti. 2Emegbe la, wode gae eye wokplɔe yi na Pilato, Romatɔwo ƒe gɔvina.

Yuda ƒe ku

3Le ɣeyiɣi sia me la, Yuda, ame si de Yesu asi la kpɔ be wotso kufia nɛ. Eƒe susu trɔ eye wòvee vevie be wòwɔ esia. Eya ta egbugbɔ ga si wòxɔ le Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegãwo si la yii na wo.

4Egblɔ na wo be, “Mewɔ nu vɔ̃ elabena, mede ame maɖifɔ asi.” Ke woɖo eŋu nɛ be, “Wònyae nye ema, ɖeke meka mí o.”

5Ale Yuda tsɔ ga la ƒu gbe ɖe anyigba le gbedoxɔ la me eye wòyi ɖade ka ve na eɖokui. 6Osɔfogãwo va fɔ ga la le anyigba eye wogblɔ bena, “Míate ŋu atsɔ ga sia ade nudzɔɖaka le me o, elabena etsi tre ɖe míaƒe sewo ŋu be, míaxɔ ga si woxe ɖe ame aɖe ƒe ku ta la.”

7Mlɔeba la, woɖoe be yewoatsɔ ga la aƒle abɔ aɖe si le afi si Zemelawo kaa anyi lena la eye yewoatrɔe woazu ameɖiƒe na amedzro siwo ku le Yerusalem. 8Eya tae woyɔa ameɖiƒe sia be, “Ʋubɔ” va se ɖe egbe. 9Esia wu nya si nyagblɔɖila Yeremia gblɔ da ɖi be, “Wotsɔ klosalo ga blaetɔ̃, si wòxɔ le Israelviwo gbɔ la, 10ƒle abɔe tso Zemelawo si abe ale si Aƒetɔ la gblɔ nam ene,” la nu.

Pilato bia gbe Yesu

(Marko 15:2-5; Luka 23:3-5; Yohanes 18:33-38)

11Azɔ la Yesu tsi tre ɖe Pilato, Roma dziɖuɖua ƒe gɔvina ŋkume. Gɔvina la biae be, “Wòe nye Yudatɔwo ƒe Fia la?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, abe ale si míegblɔe ene.” 12Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegãwo tsɔ nya geɖewo wɔ nutsotsoe ɖe Yesu ŋuti, gake eya zi ɖoɖoe kpoo. Meɖo nya ɖeka pɛ hã ŋu o.

13Pilato gabiae be, “Mèle nya gbogbo siwo gblɔm wole ɖe ŋutiwò la sem oa?”

14Ke Yesu meɖo nya la ŋu nɛ o eye esia wɔ nuku na Pilato ŋutɔ.

Wotso kufia na Yesu

(Marko 15:6-15; Luka 23:13-25; Yohanes 18:39—19:16)

15Enye gɔvina la ƒe ɖoɖo be ne Ŋutitotoŋkeke la ɖo edzi ƒe sia ƒe la, yeaɖe asi le Yudatɔ gamenɔla si wodi la ŋuti. 16Le ƒe sia me la, gamenɔla aɖe li, ame sia nye ame dovo, tagbɔsesẽtɔ aɖe. Eƒe ŋkɔe nye Baraba. 17Esi ameha la ɖi anyi ɖe Pilato ƒe xɔxɔnu le ŋdi ma la, ebia wo be, “Ame ka ŋutie maɖe asi le na mi? Baraba loo alo Yesu, miaƒe Mesia la?” 18Elabena Pilato nya nyuie be ale si ame geɖewo dze Yesu yome la koe biã ŋu na Yudatɔwo ƒe dumemegãwo eya tae wolée ɖo.

19Ke esi wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi la, srɔ̃a ɖo gbedeasi sia ɖee be, “Megaka asi ame dzɔdzɔe ma ŋuti o; elabena etsɔ si va yi ƒe zã la meku drɔ̃e dziŋɔ aɖe tso eŋuti.”

20Azɔ la Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegãwo ble ameha la nu be woabia be woaɖe asi le Baraba ŋuti na yewo eye woawu Yesu. 21Eya ta esi gɔvina la gabia be, “Ame eve siawo dometɔ ka ŋutie maɖe asi le na mi?” la, ameha la do ɣli sesĩe be, “Baraba.”

22Pilato biawo be, “Ekema nu kae mawɔ kple Yesu, miaƒe Mesia la?” Wodo ɣli hoo be, “Klãe ɖe ati ŋuti!”

23Pilato gabia be, “Nu ka tae miedi be mawɔ esia ɖo, eye vo kae wòda?” Ke woawo la ɣlia dodo dzi ko wonɔ be, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!”

24Esi Pilato kpɔ be ameawo ɖo kplikpaa eye howɔwɔ gã aɖe le egɔme dzem la, edɔ be woaku tsi ɖe gagbɛ me vɛ na ye, ale woklɔ asi le ameha la ŋkume gblɔ be, “Ame nyui sia ƒe ʋu kɔkɔ ɖi la, metso gbɔnye o; ke boŋ etso mia gbɔ!”

25Ameha la do ɣli sesĩe be, “Eƒe ʋɔ kɔkɔ ɖi ƒe tohehe neva mí kple mía viwo dzi fãa!”

26Ale Pilato ɖe asi le Baraba ŋuti na wo. Ena woƒo Yesu eye esi woƒoe vɔ la, eɖe asi le eŋu na Roma srafowo be woakplɔe yi aɖaklã ɖe ati ŋu.

Asrafowo ɖu fewu le Yesu ŋu

(Marko 15:16-20; Yohanes 19:2-3)

27Gbã la, asrafoawo kplɔe yi ɖe afi si aʋawɔnuwo nɔna eye asrafoha la katã va ƒo xlãe. 28Woɖe eƒe awu siwo wòdo la le eŋuti eye wotsɔ awu dzĩ do nɛ 29eye wotsɔ ŋu didi aɖewo wɔ fiakuku heɖɔ nɛ eye wotsɔ fiatikplɔ hã de eƒe dusisi me. Wova dzea klo ɖe eŋkume fewuɖutɔe eye wogblɔna be, “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe fia.” 30Azɔ la, wotu ta ɖe eŋuti eye woxɔ atikplɔ la le esi hetsɔ ƒo dzodome nɛ sesĩe.

31Esi wowu fewuɖuɖua nu la, woɖe awu dzĩ la le eŋuti eye wotsɔ eya ŋutɔ ƒe awuwo do nɛ eye wokplɔe dzoe yina kaklã ge ɖe ati ŋuti.

Woklã Yesu ɖe ati ŋuti

(Marko 15:21-32; Luka 23:26-43; Yohanes 19:17-27)

32Esi woyina eklã ge ɖe atitsoga ŋuti la, wodo go ŋutsu aɖe si tso Kirene, le Afrika, eŋkɔe nye Simɔn, eye wozi edzi be wòatsɔ atitsoga la akpe Yesu. 33Ale wova ɖo teƒe si woyɔna be Golagata, si gɔme nye “Ametakoli Togbɛ.” 34Asrafoawo tsɔ wain si me wode atikee la nɛ be wòano gake esi wòɖɔe kpɔ la, egbe enono. 35Esi woklãe ɖe atitsoga ŋuti vɔ la, asrafoawo da akɔ ɖe eƒe awuwo dzi be woazu ame si ɖu dzi la tɔ. 36Le esia megbe la, wobɔbɔ nɔ anyi ɖe afi ma henɔ eŋu dzɔm. 37Woŋlɔ nu klã ɖe eƒe atitsoga la tame be, “Ame sia nye Yesu, Yudatɔwo ƒe fia la.”

38Ŋdi ma ke la, woklã adzodala eve hã ɖe ati ŋu le axawo kple eve dzi. 39Ame siwo to teƒea va yina la dzui hegblɔ nya vlo geɖewo ɖe eŋuti. Woʋuʋua ta fewuɖutɔe be, 40“Ke alee wòle! Àte ŋu agbã gbedoxɔ la, agbugbɔ atui le ŋkeke atɔ̃ megbe. Mate ŋui oa? Ne àte ŋui eye nenye Mawu Vi tututu la, ɖe ɖokuiwò le atia ŋuti!”

41Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe dumemegã bubu siwo le afi ma la ɖu fewu le eŋu be, 42“Eɖe ame bubuwo gake mate ŋu aɖe eɖokui o! Ke wò boŋue nye Yudatɔwo ƒe fia laa? Nenye wòe la, ɖi le atitsoga la ŋuti, ekema míaxɔ dziwò ase. 43Ebe yexɔ Mawu dzi se; Mawu neɖo kpe eƒe xɔse la dzi ne wòaɖee le atia ŋuti. Alo menye eyae gblɔ be, ‘Mawu vi menye,’ oa?”

44Nenema ke adzodala siwo woklã ɖe ati ŋuti kpe ɖe eŋuti la hã dzui heɖe alɔme le eŋuti.

Yesu ƒe ku

(Marko 15:33-41; Luka 23:44-49; Yohanes 19:28-30)

45Le ŋdɔ ma la, zadokeli do ɖe anyigba la katã dzi gaƒoƒo etɔ̃ sɔŋ, tso ŋdɔ ga wuieve va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me.

46Le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Yesu do ɣli sesĩe be, “Eli, Eli lama sabaktani”, esi gɔme enye, “Nyee Mawu, nyee Mawu nu ka ŋuti nègblẽm ɖi mahã?”

47Nukpɔla siwo le afi ma la dometɔ aɖewo mese nya si wògblɔ la gɔme nyuie o, eye wobu be Eliya yɔm wòle. 48Ameawo dometɔ ɖeka si du ɖatsɔ aha tsitsi eye wokɔe ɖe akutsa tɔxɛ aɖe me. Etɔ akutsa la ɖe ati nu eye wòtsɔe ɖo nu na Yesu. 49Ke ame bubuwo gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋuti ne míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋuti hã.”

50Yesu gado ɣli sesĩe ake. Etsɔ eƒe gbɔgbɔ la na eye wòku kpoo. 51Eye kpɔ ɖa xɔmetsovɔ si wotsɔ xe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la ŋkumee le gbedoxɔ me la ma ɖe eve enumake tso tame va se ɖe egɔme eye anyigba ʋuʋu kpekpekpe; agakpe gãwo hã gbã 52eye yɔdowo nu ʋu eye nyɔnu kple ŋutsu siwo nye mawuvɔ̃lawo hafi ku la gagbɔ agbe. 53Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, wodo le woƒe yɔdoawo me eye woyi ɖe Yerusalem, afi si woɖe wo ɖokuiwo fia ame geɖewo le.

54Esi asrafo siwo klãe ɖe atia ŋuti kple woƒe amegãwo kpɔ nu siwo va dzɔ kple ale si anyigba ʋuʋui la, ŋudzi kple vɔvɔ̃ lé wo eye wogblɔ be, “Ame sia nye Mawu Vi vavã.”

55Nyɔnu siwo kplɔe ɖo tso Galilea be yewoava kpɔ edzi le Yerusalem la, le nu siwo katã le dzɔdzɔm la kpɔm tso adzɔge. 56Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ, Maria Yakobo kple Yosef dada kple Yohanes kpakple Yakobo siwo nye Zebedeo ƒe viwo la dada.

Yesu ɖiɖi

(Marko 15:42-47; Luka 23:50-56; Yohanes 19:38-42)

57Esi fiẽ ɖo la, kesinɔtɔ aɖe si ŋkɔe nye Yosef, tso Arimatia, ame si nye Yesu yomedzelawo dometɔ ɖeka la, 58yi ɖe Pilato gbɔ hebia Yesu ƒe ŋutilã kukua. Pilato ɖe gbe be woatsɔ Yesu ƒe ŋutilã kukua nɛ. 59Yosef xɔ ame kuku la eye wòtsɔ aklala yeye aɖe si fu tititi la xatsa ɖe eŋuti nyuie 60eye wòtsɔe mlɔ yɔdo si eya ŋutɔ ɖe ɖe agakpewo dome la me hemli kpe gã aɖe tu yɔdo la nu. 61Maria Magdalatɔ kple Maria evelia wonɔ anyi henɔ ale si woɖi Yesu kple afi si woɖi ɖo la kpɔm.

Asrafowo dzɔ yodo la ŋu

62Le ŋufɔke, esi ŋutitoto ŋkeke la ƒe ŋkeke gbãtɔ wu enu la, Osɔfogãwo kple Farisitɔwo yi ɖe Pilato gbɔ 63eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, alakpatɔ ma gblɔ kpɔ be, ‘Matsi tre le ŋkeke etɔ̃ megbe’ 64Eya ta míedi be naɖe gbe ne woatre yɔdo la nu va se ɖe ŋkeke etɔ̃a gbe ale be eƒe nusrɔ̃lawo mate ŋu ayi aɖafi eƒe ŋutilã kukua ahable amewo be, etsi tre o. Nenye be nu sia va eme la, ekema nu si adzɔ fifia la, awu gbãtɔ.”

65Pilato ɖo nya la ŋu na wo be, “Mikplɔ asrafo siawo yi nɛ woadzɔ yɔdo la ŋu nyuie.”

66Ale wotre yɔdo la nu hetsɔ kpovitɔwo ɖo afi ma be woadzɔ eŋuti.

Copyright information for EweBEE